Ne agbe sia me hiã geɖewo tu wò

 


Ne agbe sia me hiã geɖewo tu wò,
Dzi ɖe le ƒowò, mɔkpɔkpɔ bu keŋkeŋ
Kem xlẽ wò yayrawo ɖekaɖeka kpɔ,
Wò nu aku Mawu ƒe dɔmenyo ŋu.


Ref
Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ,
Xlẽ nu si Mawu wɔ na wò kpɔ!
Xlẽ wò yayra ɖekaɖeka kpɔ,
Wò nu aku le Mawu dɔmenyo ŋu!


Ɖe nètsia dzimaɖl gbe sia gbe vevie,
Buna be, wòa-titsoga la kpe akpaa?
Kem xlẽ wò yayrawo, ɖikeke nua-tsi,
Ye ánɔ hadzidzi ko dzi gbe sia gbe.


Ne nu nyo na ame bubuwo ƒũ la,
Ɖo ŋku dzi, Yesu do gã ŋugbe na wò,
Kem xlẽ wò yayrawo, xexeamenuwo
Mateŋ’ aƒle dziƒo, wò fetu la, o!


Eya ta le xaxawo katã me la
Gabu dzideƒo o, Mawu tria-kɔ wu,
Kem xlẽ wò yayrawo ɖekaɖeka kpɔ,
Le dziƒo hã woafa ‘kɔ na wò xoxo.

Leave a Reply

Your email address will not be published. Required fields are marked *